Matthew 14:22-33

Yesu zɔ ƒudzi

(Marko 6:45-52; Yohanes 6:15-21)

22Le esia megbe la Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena woage ɖe ʋua me atso ƒua, ke ye la yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒeme. 23Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ afi ma hafi zã do, 24ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem.

25Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ. 26Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, ŋɔ dzi wo, tete wodo ɣli kple vɔvɔ̃ be, “Ŋɔlie.”

27Yesu ƒo nu na wo enumake eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ bena, “Nyee, migavɔ̃ o miaƒe dzi nedze eme.”

28Petro gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, nenye wòe tututu la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”

29Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ nyanyrãm la, vɔvɔ ɖoe eye wode asi to yiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, “Aƒetɔ, ɖem!”

31Yesu do asi ɖa enumake eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ bena, “O, wò xɔse ʋeetɔ, nu ka tae nèke ɖi mahã?”

32Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaa tɔ te zi ɖeka.

33Nusrɔ̃la mamlɛawo ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa, ale wogblɔ nɛ bena, “Mawu Vie nènye vavã!”

Copyright information for EweBEE